Matthew 25

Lododo le ɖetugbi ewoawo ŋuti

1“Miatsɔ ɖetugbi ewo aɖewo ƒe ŋutinya atsɔ asɔ kple dziƒofiaɖuƒe lae. Ɖetugbi ewo siawo tsɔ woƒe akaɖiwo ɖe asi be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe. 2Wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye nunyalawo. 3Abunetɔwo tsɔ woƒe akaɖiwo ke wometsɔ ami kpe ɖe akaɖiawo ŋu o. 4K nunyalawo ya tsɔ ami kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.

5“Eva dzɔ be ŋugbetɔsrɔ̃a tsi megbe ale alɔ̃ de asi ɖetugbiawo tsɔtsɔ me eye womlɔ anyi dɔ alɔ̃. 6Ke le zã titina la ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo azɔ. Mido go va kpee hee!’

7“Ɖetugbiawo katã fɔ eye wodzra woƒe akaɖiawo ɖo. 8Tete abunetɔawo gblɔ na nunyalawo be ‘mina miaƒe amia ƒe ɖe mí’ elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.

9“Gake woɖo eŋu na abunetɔawo be, ‘Mía tɔ hã mesɔ gbɔ ade mia kple míawo nu o eya ta miyi ne miadze ɖe ne mia ɖokuiwo.’

10“Kaka woaɖe afɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo xoxo eye ame siwo nɔ klalo la yi srɔ̃ɖeƒea kplii, eye wotu agbo si le aƒea nu.

11“Emegbe ɖetugbi abunetɔ atɔ̃awo va do ɖe agboa nu nɔ ɣli dom be. ‘Aƒetɔ, ʋu agbo la na mí!’

12“Aƒetɔ, la ɖo eŋu na wo bena, ‘Midzo le afi ma miayi, elabena mietsi megbe!’

13“Eya ta minɔ ŋudzɔ eye miadzra ɖo elabena mienya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi matrɔ ava o.

Lododo le talentomama ŋuti

(Luka 19:11-27)

14“Dziƒofiaɖuƒe la gasɔ kple Aƒetɔ aɖe si ɖo be yeawɔ mɔzɔzɔ ayi anyigba bubu aɖe dzi. Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo hetsɔ ga home vovovo de asi na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ nɔ asi tsamii va se ɖe esime yeagbɔ.

15“Etsɔ Sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ Sidi akpe eve na ame evelia eye wòtsɔ Sidi akple ɖeka na eme etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi. 16Ame si xɔ Sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ Sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o. 17Ame si xɔ Sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ eye wogakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.

18“Ke ame si xɔ Sidi akpe ɖeka la ya yi ɖaɖe do eye wòtsɔ ga la ɣla ɖe eme be wòanɔ dedie.

19“Aƒetɔ la trɔ gbɔ le ŋkeke geɖewo megbe, eye wòyɔ dɔlawo be woava na akɔnta tso ga siwo wòtsɔ na wo la ŋuti. 20Ame si wòtsɔ Sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ Sidi akpe ewo vɛ nɛ.

21“Eƒe Aƒetɔ kafui ŋutɔ le eƒe dɔ nyui si wòwɔ la ta. Egblɔ na dɔla la bena, ‘Wò dɔla nyui, èwɔ nuteƒe ŋutɔ eya ta tso azɔ dzi la matsɔ dɔ geɖe ade wò dzikpɔkpɔ te. Va ne nàkpɔ dzidzɔ kplim.

22“Ame si xɔ Sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔa bena, ‘Aƒetɔ, ètsɔ Sisi akpe eve nam, gake megakpɔ Sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’

23“Aƒetɔ la gblɔ nɛ kple dzidzɔ be, ‘Dɔ nyui aɖee ma nèwɔ. Dɔla dzɔdzɔe kple nuteƒewɔlae nènye. Esi nèɖi anukware le gã home sue sia ŋudɔwɔwɔ me ta la, tso azɔ dzi la, matsɔ ga geɖe ade asi na wò.’

24“Ame si xɔ Sidi akpe ɖeka hã va do eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ menyae bena wò nya ɖe wòse, eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o eye neƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o, 25ale menɔ vɔvɔ̃m be ne mekpɔ viɖe aɖe ɖe gã la dzi la axɔe le asinye bɔbɔe, eya ta metsɔ wò ga la ɣla eye esi nèva la mehee ɖe go. Eyae nye esi.’

26“Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, ‘Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔe nènye; esi nènya be ame sesẽe menye eye meŋea nu le afi si nyemeƒã nu ɖo o eye meƒoa nu ƒu le afi si nyemewu nu ɖo o eye esi nènyae hã be mele viɖe bia ge ɖe gaa dzi la, 27ele na wò be nàtsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe nam teti be wòahe viɖe vi aɖe vɛ nam. 28Mixɔ ga la le ame vɔ̃ɖi sia si eye miatsɔe na ame si si Sidi akpe ewo le la. 29Elabena ame si wɔ nu si wotsɔ nɛ ŋudɔ nyuie la, woagatsɔ nu geɖe akpee nɛ, nu nasɔ gbɔ ɖe esi fũ. Ke ame si meɖia anukware o la, woaxɔ nu suetɔ kekeake si le esi la hã le esi. 30Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’

Nuwuwu ʋɔnudɔdrɔ̃

31“Ne nye Mesia la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. 32Ekema dukɔ siwo katã le xexeame alo ame siwo katã le xexeame la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme. Eye mamã ameawo me ɖe akpa eve, abe ale si alẽkplɔla ma alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33Mada alẽawo ɖe nye nuɖusime, eye gbɔ̃wo anɔ nye miame.

34“Ekema Nye, Fia la magblɔ na ame siwo le nye nuɖusime bena, ‘Fofonye ƒe ame yayrawo, miyi ɖe Fiaɖuƒe si wòdzra ɖo ɖi na mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzeame ke la me. 35Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum, tsikɔ wum eye miena tsim, medze mi abe amedzro ene eye miexɔm atuu ɖe miaƒe aƒewo me. 36Awu menɔ ŋunye o gake mietsɔ awu nam medo. Medze dɔ mieva kpɔm ɖa. Menɔ gaxɔ me eye mieɖi tsa va gbɔnye.

37“Ame dzɔdzɔewo abia be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie miekpɔ wò dɔ nɔ wuwòm eye míena nuɖuɖu wò? Alo tsi kɔ wuwòm míena tsi wò nèno kpɔ? 38Ɣekaɣie nèva dze mí abe amedzro ene? 39Eye gbe ka gbee míetsɔ awu na wò nèdo kpɔ? Ɣekaɣie wode wò mɔ alo nedze dɔ eye mieva kpɔ wò ɖa?’

40“Eye nye Fia la maɖo eŋu na wo bena, ‘Esi miewɔ nu siawo katã na nɔvinye sue siawo dometɔ aɖe ta la, nyee miewɔ wo na!’

41“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me. 42Elabena esi dɔ wum la, miena nuɖuɖum o, tsikɔ wum miena tsim be mano o. 43Meva dze mi abe amedzro ene gake miexɔm o, menɔ amama gake mietsɔ awu nam be mado o, medze dɔ gake mieva kpɔm ɖa o, wodem mɔ gake medzro mi be miava do gbe teti nam o.’

44“Woawo hã aɖo eŋu nam be, ‘Aƒetɔ, gbe ka gbe míekpɔ wò bena, dɔ le wuwom, alo tsikɔ le wuwòm eye míekpɔ gbɔwò o? Ɣekaɣie nèdze míagbɔ, nèle amama, nèdze dɔ alo nele gaxɔ me eye míeva kpɔ wò ɖa alo kpe ɖe ŋuwò o?

45“Ale maɖo eŋu na wo bena, ‘Esime miegbe be yewomawɔ nu siawo na nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka teti o la nyee nye ema miewɔ wo na o.’

46“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”

Copyright information for EweBEE